Luke 24:36-49

Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo

(Mateo 28:16-20; Marko 16:14-18; Yohanes 20:19-23)

36Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo! 37Dzika tso ameawo katã ƒo eye wovɔ̃ ŋutɔ ŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewo le.

38Yesu bia wo be, “Nu ka tae miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome? 39Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva lém kpɔ eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa wo ŋu abe ale si mele ene o. 40Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ bena woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu la, le eƒe asiƒome kple afɔƒome.”

41Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu. Le esia ta ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?”

42Wotsɔ lã memẽ kakɛ aɖe nɛ eye esi wònɔ 43eɖum la wonɔ ekpɔm!

44Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo Mose kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo gblɔ tso ŋunye la ava eme oa?” 45Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme. 46Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbaɖegbe ke be, ele na Mesia la be wòakpe fu eye wòaku eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la woagatsi tre tso ame kukuwo dome. 47Eye ele bena woatsɔ dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔkenya sia ayi na dukɔwo katã eye woadze egɔme tso Yerusalem. 48Miawoe nye ɖeasefowo na nu siawo katã.”

49“Azɔ makɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mia dzi abe ale si Fofonye do ŋugbee ene. Ke minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nava mia dzi tso dziƒo ana ŋusẽ mi.”

Copyright information for EweBEE